Luke 7:1-10

Yesu da gbe le Roma srafowo ƒe amegã ɖe ƒe subɔla ŋu

(Mateo 8:5-13; Yohanes 4:43-54)

1Esi Yesu wu eƒe mawunyagbɔgblɔ la nu la etrɔ yi Kapernaum dua me.

2Romatɔwo ƒe aʋafia gã si nɔ du ma me la ƒe dɔla si gbɔ melɔ̃a nu lena o la dze dɔ vevie, eye wòɖo kudo nu. 3Aʋafia la se Yesu ŋkɔ eya ta edɔ Yudatɔ ame ŋkuta aɖewo ɖe egbɔ be woaɖe kuku nɛ be wòava da gbe le dɔla sia ŋu na ye. 4Ameawo yi Yesu gbɔ heɖe kuku nɛ vevie be wòava kpe ɖe aʋafia la ŋu. Wona wònya be aʋafia sia nye ame nyui aɖe ŋutɔ. 5Wogblɔ na Yesu be, “Nenye be wòhiã be nàkpe ɖe ame aɖe ŋu la, ŋutsu sia ŋue wòle be nàkpe ɖo, elabena elɔ̃a mi Yudatɔwo ale gbegbe be eya ŋutɔ tsɔ eƒe ga tsɔ tu ƒuƒoƒe na mí.”

6Yesu tso kpla kplɔ woɖo. Gake hafi wòaɖo aƒea me la, aʋafia la dɔ exɔlɔ̃ aɖewo ɖa be woagblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, mègaɖe fu na ɖokuiwò be nàva nye aƒe me o, elabena nye medze na bubu sia tɔgbi o. 7Eye nye medze be mava kpe wò ŋutɔ gɔ̃ hã o. Gblɔ nya si wòle be nàgblɔ la ɖo ɖa tso afi si nèle ekema nye dɔla ƒe lãme asẽ. 8Elabena nye ŋutɔ hã ame aɖe tee mele eye amewo hã le tenye, meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘miyi afii’ eye woyina, ‘miva afii’ eye wovana, megblɔna na nye dɔla be ‘wɔ esi kple ekemɛ’, eye wòwɔnɛ.”

9Nya siwo wɔ nuku na Yesu ŋutɔ. Etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ be, “Nyateƒe, le Israel katã la nyemekpɔ ame aɖeke si si xɔse le abe ame sia tɔ ene kpɔ o.”

10Esi aʋafia la xɔlɔ̃wo yi aƒeme la, wokpɔ dɔla si nɔ lém la wòhaya eye eƒe lãme sẽ abe tsã ene.

Copyright information for EweBEE